Galatians 5

Kristo wɔ mí ablɔɖeviwoe

1Ale Kristo wɔ mí ablɔɖeviwoe. Azɔ la, mikpɔ egbɔ be mielé ablɔɖe sia me ɖe asi eye miagatrɔ azu kluviwo na Yudatɔwo ƒe sewo kple kɔnyinyiwo o. 2Miɖo tom, elabena nya sia le vevie. Ne miele ŋu ɖom ɖe aʋatsotso kple Yudatɔwo ƒe sewo dzi wɔwɔ ŋu be woana miadze Mawu ŋu la, ekema Kristo mate ŋu aɖe mi o. 3Magagblɔe zi evelia. Ele na ame sia ame si le didim be yeadze Mawu ŋu to aʋatsotso me la be wòawɔ Yudatɔwo ƒe se ɖe sia ɖe dzi loo alo wòatsrɔ̃. 4Ne miele didim be yewoaxe fe si mienyi le Mawu si kple se mawo dzi wɔwɔ la, ekema viɖe aɖeke mele Kristo ŋu na mi o. Ekema Mawu ƒe amenuveve la bu ɖe mi.

5Ke to Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ƒe kpekpeɖeŋu me la míele ŋu ɖom ɖe Kristo ƒe ku ŋu be wòaɖe míaƒe nu vɔ̃wo ɖa ale be míate ŋu adze Mawu ŋu. 6Eye mehiã be mí ame siwo Kristo na agbe mavɔe la míatsi dzi o, ne wotso aʋa na mí loo alo míelé Yudatɔwo ƒe sewo me ɖe asi la, o. Elabena nu si ko míehiã lae nye xɔse si wɔa dɔ to lɔlɔ̃ me.

7Miedze egɔme henɔ yiyim nyuie hafi. Ame kae va flu mi eye wòxe mɔ na nyateƒe la yomenɔnɔ? 8Eme kɔ ƒãa be menye Mawue wɔ nu sia o, elabena eyae nye ame si yɔ mi hena ablɔɖe le Kristo me. 9Ke mia dometɔ ɖeka koe agblẽ ame bubuawo katã.

10Mele mɔ kpɔm be Mawu agagbugbɔ mi va xɔse la gbɔ abe ale si mele mɔ kpɔm le nu siawo me ene. Ame ka kee le fu ɖem na mi hele mia flum la, Mawu ŋutɔ ahe to nɛ.

11Ame aɖewo gblɔ gɔ̃ hã be nye ŋutɔ mele gbeƒã ɖem be aʋatsotso kple Yudatɔwo ƒe sewo le vevie hena ɖeɖe. Enyo, ne meɖe gbeƒã nenema la, womagati yonyeme o, elabena gbeƒãɖeɖe sia meɖia ame aɖeke nu o. Esi wogale yonyeme tim kokoko la, fia be megale gbeƒã ɖem tso ɖeɖe to xɔse le Kristo ƒe atitsoga ɖeɖe ko me ŋu.

12Ɖe ko medi vevie be nufiala siwo di be miana woatso aʋa na mi la, woaɖe wo ɖokuiwo ɖa le mia dome eye woaɖe le mia ŋu kpoo.

Agbenɔnɔ le Gbɔgbɔ la me

13Elabena nɔvi lɔlɔ̃awo, wona ablɔɖe mi ke menye ablɔɖe be miawɔ nu vɔ̃ o, ke boŋ ablɔɖe be mialɔ̃ mia nɔewo eye miave wo nu. 14Elabena woate ŋu aƒo seawo katã nu ƒu wòazu se ɖeka sia be, “Lɔ̃ hawòvi abe ɖokuiwò ene.” 15Ke ne le lɔlɔ̃ na mia nɔewo teƒe ɖeklemiɖeɖe kple dzrewɔwɔ le miawo ɖeɖe dome la, ekema minɔ ŋudzɔ eye miakpɔ nyuie be miagagblẽ nu le mía nɔewo ŋu o.

16Eya ta megblɔ be minɔ agbe le Gbɔgbɔ la me ale be miagawɔ miaƒe dzɔdzɔme vɔ̃wo ƒe didiwo dzi o.

17Elabena dzɔdzɔme vɔ̃ dia nu si tsi tre ɖe Gbɔgbɔ la ŋu, eye nu si dim Gbɔgbɔ la le la hã nye futɔ na mía ƒe dzɔdzɔme vɔ̃wo. Wole avu wɔm kple wo nɔewo, ale be miate ŋu awɔ nu si miedi be miawɔ la o. 18Ke ne Gbɔgbɔ la le miakplɔm la, miegale se la te o.

19Ke ŋutilãmenudzodzro vɔ̃ wo dze ƒãa; esi woe nye, ahĩawɔwɔ, mɔkɔmakɔnyenye, hadzedze, 20trɔ̃subɔsubɔ, adzewɔwɔ, fuléle, dzrewɔwɔ ŋuʋaʋã, dɔmedzoedodo, ɖokuitɔdidi, kɔmamawo, mamawo, 21ŋubiabiã, ahamumu, aglotutu vɔ̃wo kple esia tɔgbiwo. Mele nu xlɔ̃m mi, abe ale si mexlɔ̃ nu mi va yi ene la be, ame siwo nɔ agbe alea la manyi mawufiaɖuƒe la ƒe dome o.

22Ke Gbɔgbɔ la ƒe kutsetse enye, lɔlɔ, dzidzɔ, ŋutifafa, dzigbɔɖi, dɔmenyowɔwɔ, nyuiwɔwɔ, nuteƒewɔwɔ, 23tufafa kple ɖokuidziɖuɖu. Se la metsi tre ɖe nu siawo ŋuti o. 24Ame siwo nye Kristo Yesu tɔ la klã woƒe dzɔdzɔme vɔ̃wo kple woƒe fieŋufieŋuwo kpakple woƒe dzodzrowo ɖe ati ŋuti. 25Esi míele agbe le Gbɔgbɔ la me la, mina míazɔ hã le eƒe kpɔkplɔ te. 26Migana dada nayɔ míame o, ado dziku ha mía haviwo alo aʋa ŋu mía nɔewo o.

Copyright information for EweBEE